Luke 20:9-19

Lododo le waingble kple edzikpɔla ŋu

(Mateo 21:33-46; Marko 12:1-12)

9Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10Esi nuŋeɣi ɖo la edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waintsetsea ƒe akpa si nye tɔ gome la vɛ. Gake agblea dzikpɔlawo ƒo dɔla la vevie eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 11Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa gake wowɔ eya hã nenema, woƒoe, dzui nyuie eye wonyae dzoe asi ƒuƒlu. 12Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzikpɔlawo gbɔ ake gake eya hã kpɔ nuteƒe abe ame gbãtɔ eveawo ene. Wode abi eŋu eye wonyae ɖe du nu wòdo go le agbelea me heyi aƒe asi ƒuƒlu.”

13“Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye ɖeka hɔ̃ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’”

14“Gake esi agblea dzikpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si avanyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui bena eƒe domenyinua nazu míatɔ.’ 15Ale wolée, hee le anyigba do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16Magblɔe na mi. Agbletɔa ava eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Agbledzikpɔlawo mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi sia ƒomevi o ɖe.”

17Yesu kpɔ wo dũ hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?” 18Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”

19Esi osɔfogãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake, elabena wonya be yewo ŋutie wògblɔe ɖo. Woawoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo le ŋutinya la me. Gake wovɔ̃ bena ne yewo ŋutɔ yewolée la, ahe ʋunyaʋunya vɛ.

Copyright information for EweBEE